Mark 6:14-29

Yohanes Mawutsidetanamela wuwu

(Mateo 14:1-12; Luka 9:7-9)

14Fia Herodes va se Yesu ŋkɔ elabena, nukunu geɖe siwo katã wɔm wònɔ la tsi nu na amewo wonɔ gbɔgblɔm le afi sia fi. Fia la bu be Yohanes Mawutsidetanamelae gagbɔ agbe esia tae amewo le gbɔgblɔm be, “Yohanes Mawutsidetanamelae fɔ. Eya tae wòte ŋu le nukunu siawo wɔm ɖo.” 15Ame aɖewo hã bu be Yesu enye Eliya nyagblɔɖila xoxoawo dometɔ ɖeka si gava dzɔ; eye ɖewo hã bu be Yesu enye nyagblɔɖila yeye si si ŋusẽ le abe esiwo nɔ anyi va yi ene.

16Gake Herodes ya gblɔ kple kakaɖedzi be, “Yohanes ame si nu metso ta le la kokokoe fɔ tso yɔme.” 17Herodes sia nye ame si dɔ asrafowo be woalé Yohanes de gaxɔ me. Ewɔ esia le Herodia nɔvia Filipo srɔ̃ si wòxɔ ɖe ta. 18Elabena Yohanes gblɔ na Herodes be, “Se me ɖe mɔ be nàxɔ nɔviwò srɔ̃ ɖe o.” 19Le esia ta Herodia di vevie be woawu Yohanes, gake fia la meda asi ɖe ɖoɖo sia dzi o. 20Elabena Herodes tsɔ bubu geɖe na Yohanes le eƒe ame ɖɔʋu kple ame kɔkɔe nyenye ta eya ta etsɔe de ye ŋutɔ ƒe dzikpɔkpɔ te. Nenye be Herodes kple Yohanes wole dze ɖom la, nya siwo Yohanes gblɔna la ɖea fu na Herodes ƒe susu ŋutɔ gake zi ge ɖe la, edina kokoko be yeaɖo dze kplii.

21Mlɔeba la, Herodia va kpɔ mɔnu aɖe si dzi wòato awu Yohanes. Herodes ƒe dzigbe ɖo eye wòɖo kplɔ̃ na eƒe kpeɖeŋutɔ ame siwo nye asrafo ƒe amegãwo kple ame ŋkuta siwo tso Galilea la le fiasã la me. 22Eva dzɔ be Herodia ƒe vinyɔnu va ɖu ɣe na amekpekpeawo. Ale si wòɖu ɣeae la do dzidzɔ na ame sia ame ŋutɔ. Le esia ta fia la gblɔ na nyɔnuvia be,

“Bia nu sia nu si nèdi tso asinye la eye mana wò.”
23Eka atam nɛ be, “Nu sia nu si nàbia la matsɔe ana wò, nenye nye fiaɖuƒe ƒe afã nèbia hã mana wò.”

24Nyɔnuvia yi dadaa gbɔ ɖagblɔ nya la nɛ. Dadaa gblɔ nɛ be, “Yi nàbia Yohanes Mawutsidetanamela ƒe ta.”

25Nyɔnuvia gaɖe abla va fia la gbɔ va gblɔ nɛ be, “Mele Yohanes Mawutsidetanamela ƒe ta dim fifi laa, nenɔ agba me woatsɔ vɛ nam.” 26Nya sia ve fia la ŋutɔ, gake anye ŋukpe be wòada le eƒe atam si wòka la dzi le eƒe amekpekpeawo ŋkume. 27Eya ta eɖo asrafo si le eŋu dzɔm la ɖa be wòayi aɖatso ta le Yohanes nu atsɔ vɛ nɛ. Asrafo la yi ɖatso ta le Yohanes nu 28hetsɔ de agbe me vɛ na nyɔnuvia eye wòtsɔe yi na dadaa.

29Esi Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo se nu si dzɔ la, woyi ɖaxɔ eƒe kukua heyi ɖaɖi.

Copyright information for EweBEE